Język Ewe - Ewe language - Eʋegbe

Djoubogbe Kossi Afoutou's self-introduction

This is one of the Ewe texts collected by us. See below the text for an English translation. Later on we will add the grammatical commentary and audio recordings of the text. Djoubogbe Kossi Afoutou is the author of the text and English translation. Enjoy your lecture!

Ewe version

Ŋkɔ nye enye AFOUTOU Djoubogbé Kossi, o dzim le damɛ ŋkeke blawe vɔ ene, le eƒe akpe ɖeka alafa asieke blanyi vɔ ɖekɛ lia dzi(24/05/1981). Etɔnye ŋkɔ enye Kounoudji etso Tado-Domé (Moyen-Mono) eye enɔnye ŋkɔ enye Akouvi tso Kouma-Aɖamé (Kloto nuto me). Meɖo nɔvi nyɔnuvi eve kple nɔvi ŋsuvi eve. Mewu nye suku nu le « Université de Lomé » eye me hɔ diplom si ŋkɔ enye « Maîtrise en Gestion » le efe akpe eve kple adɛ me(2006). Meva Polonyi zi gbãtɔ le eƒe akpe eve kple adrɛ lia me (2007) to AIESEC ƒe ɖoɖo nu, na enu fiafia kuɖe akɔta kple adzɔ dodo nya wo ŋti le polonyi ƒe suku kɔkɔ wo si ŋkɔ nye « szkoła średnia » le Wielkopolska ƒenu towo me. Le eyiyi ma me la, mekpo be monu kpokpo le ŋtinye, be mateŋ ade suku kɔkɔ lafiyi. Eye esi metrɔ yi Togo le ɣleti gbãto ƒe ŋkeke wiatɔ liadzi le eƒe akpe eve kple enyi la me la (15/01/2008), me tamɔ be ma va yi suku nye dzi le afiyi (Poznan), elabena suku fɛa me sɔgbɔ la fiyi o, eye medi hã vevie be ma de sukua le aɣlisigbeme. Metrɔwa Polonyi le dasiamime ŋkeke wiatɔ liadzi le eƒe akpe eve kple enyi liadzi (15/08/2008) vaseɖe ŋkeke sia dzi. Menye ɖekakpui aɖe si dzina dzɔdzɔɛ nye nye, anukɔɖe kple ŋtifafa eye me wɔdɔ vevie elabena me kãɖedzi be edɔwɔwɔ ɖeka ko ateŋ a ɣe vovo va na ame siame. Nye dzidzi enye be ma trɔ ŋɖe le hehe ya me, ma ʋli ŋtifafa eye ma kpeɖe wɔamenɔ kple fukpelawo ŋti. Taɖodzi nye enye be ma wɔdɔ eye emegbe la, ma ʋu nye ŋtɔ ƒe adzɔ nu le esɔ me. Eye nye ŋkɔ ƒoɖo nya enye be “Afrika dukɔwo ɣia vovo kpokpo”.

English translation

My name is AFOUTOU Djoubogbé Kossi, I was born in May 24, 1981. My father’s name is Kounoudzi from Tado-Domé (Moyen-Mono) and my mother’s name is Akouvi from Kouma-Aɖamé (Kloto). I have two sisters and two brothers. I was graduated at University of Lomé and I had master in “Accounting, Business Administration and Management” in 2006. I came to Poland for the first time in 2007 for an internship through AIESEC in teaching entrepreneurship and culture in Wielkopolska region’s high schools. At this time I notice that it is an opportunity for me to study here. And when I return back to Togo in January 15, 2008 I plan to continuous my studies here (in Poznan), because the tuition fee is cheaper and I wanted as well to study in English. I came back in August 15, 2008 till today. I am a gentleman who fights for justice, truth and peace and I work hard because I believe that only real work can bring freedom to everybody. My ambition is to change something in this world, fight for peace and help poor and suffering people. My target is first to work for company and open my own business in the future. And my motto is “African countries want to be free”

Analysis and commentary

Ŋkɔ nye enye AFOUTOU Djoubogbé Kossi
=My name is AFOUTOU Djoubogbé Kossi
Ŋkɔ
name
nye
my,me (1sg object pronoun)
enye
it is (e-=it/he/she + -nye=to be)

Copyright © 2009-2011 Djoubogbe Kossi Afoutou & Piotr Kozłowski. Send mail to peterlin -at- peterlin -dot- pl.
See also the other language projects: